Matthew 15:1-20

Le asimaklɔmaklɔ ƒe kɔnu la ŋuti

(Marko 7:1-23)

1Farisitɔ aɖewo kple agbalẽfialawo hã tso Yerusalem va bena yewoalé nya aɖewo kpɔ kple Yesu.

2Wobiae bena, “Nu ka tae wò nusrɔ̃lawo mewɔna ɖe mí Yudatɔwo ƒe blema kɔnuwo dzi o? Womewɔ kɔnu si míewɔna heklɔa asi le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hafi ɖua nu o.” 3Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Miawo hã nu ka tae miaƒe kɔnuwo tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋuti ɖo? 4Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe se gblɔ bena, ‘Bu fofowò kple dawò, ame si tsi tre ɖe edzilawo ŋuti la ku kee wòaku.’ 5Ke miawo miegblɔ bena, ne ame aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be, ‘Nu si ke matsɔ akpe ɖe ŋutiwòe la, metsɔe wɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe nunanae na Mawu, 6megahiã be wòatsɔe ade bubu fofoa ŋuti o. Ale miegbe Mawu ƒe nya dzi wɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi. 7Mi alakpanuwɔlawo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti bena, 8Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye. 9Viɖe aɖeke mele woƒe subɔsubɔ ŋuti o, elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la eye woɖe asi le Mawu ƒe sewo ŋuti.’”

10Yesu yɔ ameha la eye wògblɔ na wo bena, “Miɖo to nya si gblɔ ge mala be miase egɔme nyuie. 11Menye nu si nèɖuna lae wɔa wò ame makɔmakɔ o! Ke boŋ nu si nèbuna kple nu si nègblɔna lae.”

12Nusrɔ̃lawo va biae be, “Ènya be nya si nègblɔ la ve dɔme na Farisitɔwo ŋutɔa?”

13Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo la me do o la woahoe kple ke. 14Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kpakple eve la woayi aɖa dze agame.”

15Petro biae be wòaɖe nu si wòwɔnɛ be menye nu si ame ɖuna lae nana wòzua ame makɔmakɔ o la me na yewo.

16Yesu biae bena, “Ke miawo hã miese nya sia gɔme oa? 17Mienyae bena nu si ame ɖuna la toa eƒe dɔkaviwo me eye wodenɛ le nugodo oa? 18Nya vloe doa go tso egblɔla ƒe dzi me eye wòƒoa ɖi amea. 19Elabena ame ƒe dzi mee susu vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ doago tsona. 20Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke ne mèwɔ asikɔklɔ ƒe kɔnua hafi ɖu nu o la maƒo ɖi wò o!”

Copyright information for EweBEE